1 Thessalonians 1

1Agbalẽ sia tso Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔ le yiyim na kristohame si le Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ. Yayra kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.

Akpedada ɖe Tesalonikatɔwo ƒe xɔse ta

2Míedaa akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mia ta, eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe. 3Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o. 4Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, ménya bena Mawu ŋutɔe tia mi. 5Elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ mieɖo to eye miese nya la kple dzidzɔ gã. Nu si míegblɔ na mi la wɔ dɔ ɖe mia dzi ŋutɔ, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ɖo kpe edzi na mi be nu si míegblɔ na mi la nye nyateƒe. Eye mienya ale si mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ganye kpeɖodzi na mi be míaƒe gbedeasi si míetsɔ vɛ na mi la nye nyateƒe. 6Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo; elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ, togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã.

7Emegbe la miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na kristotɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya. 8Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o, 9elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso Trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí. 10Eye wogblɔ hã na mí be, miele mɔ kpɔm na Mawu Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ ava tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me eye wònye Ɖela si koe aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helihelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me.

Copyright information for EweBEE